2 Peter 1

Gbedonamewo

1Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ na ame siwo to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene.

2Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me.

Kpeɖoɖo ame ƒe yɔyɔ kple tiatia dzi

3Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehĩana na agbe kple mawusosroɖa to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple nyuiwɔwɔ me. 4To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me eye míasi le gbegblẽ si dzodzro vɔ̃wo he va xexeame la nu.

5Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe nyuiwɔwɔ ŋu, 6ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedzea ŋu, veviedodo nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe veviedodo ŋu; 7dɔmenyonyo na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyonyoa ŋu. 8Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o. 9Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o eye eƒe ŋkuwo gbã eye wòŋlɔ be, be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.

10Eya ta, nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o, 11eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.

Mawunya ƒe nyagblɔɖi

12Togbɔ be mienya nu siawo eye mieli ke le xɔse si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣesiaɣi. 13Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi, 14elabena menyae be, esusɔ vie maɖe agbadɔ sia ɖi, abe ale si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔe nam kɔtɛ la ene. 15Makpɔ egbɔ be, meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui be, ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣesiaɣi.

16Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo. 17Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me, gblɔ bena, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.” 18Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kpli le to kɔkɔe la dzi.

19Ale míegakpɔ kpeɖodzi na nyagblɔɖilawo ƒe nyawo eya ta anye nudzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti mee ene, va se ɖe esime ŋkekea nava eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me. 20Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me, si va eme to nyagblɔɖila la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. 21Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ eya amea ene.

Copyright information for EweBEE